Hymne 22 - Mawu nye lɔlɔ̃
Автор: Nyuiadzi ZIKPI
Загружено: 2026-02-10
Просмотров: 9
Описание:
Hymne 22
Yoh. I 4:8 & 9
5.5.5.4.6.5.5.4
1867.
1
Mawu nye lɔlɔ̃,
Ena be woɖem;
Mawu nye lɔlɔ̃,
Nye hã elɔ̃m.
Manɔ gbɔgblɔm ɖaa be:
Mawu nye lɔlɔ̃,
Mawu nye lɔlɔ̃,
Elɔ̃ nye hã.
2
Wotsɔm de ga me
Le nu vɔ̃ ŋuti.
Wodem gaxɔ me,
Woblam sesiẽ.
Manɔ gbɔgblɔm ɖaa be:
Mawu nye lɔlɔ̃,
Mawu nye lɔlɔ̃,
Elɔ̃ nye hã.
3
Menɔ ku si me,
Menɔ nu vɔ̃ si.
Menɔ ku si me,
Nu vɔ̃ fetu.
Manɔ gbɔgblɔm ɖaa be:
Mawu nye lɔlɔ̃,
Mawu nye lɔlɔ̃,
Elɔ̃ nye hã.
4
Edɔ Yesu ɖa,
Enye nye xɔla.
Edɔ Yesu ɖa,
Eya va ɖem.
Manɔ gbɔgblɔm ɖaa be:
Mawu nye lɔlɔ̃,
Mawu nye lɔlɔ̃,
Elɔ̃ nye hã.
5
Nye xɔla, Yesu,
Va ku ɖe tanye;
Nye xɔla, Yesu,
Va xe nye fe.
Manɔ gbɔgblɔm ɖaa be:
Mawu nye lɔlɔ̃,
Mawu nye lɔlɔ̃,
Elɔ̃ nye hã.
6
Ena woyɔm ɖa
To agbenya me.
Ena woyɔm ɖa
To gbɔgbɔ me.
Manɔ gbɔgblɔm ɖaa be:
Mawu nye lɔlɔ̃,
Mawu nye lɔlɔ̃,
Elɔ̃ nye hã.
7
Yesu ƒ’a-gbenya
Nye nu vivi ta!
Yesu ƒ’a-gbenya
Eɖia kɔ nam.
Manɔ gbɔgblɔm ɖaa be:
Mawu nye lɔlɔ̃,
Mawu nye lɔlɔ̃,
Elɔ̃ nye hã.
8
Wò lɔlɔ̃ vivi,
Agbevudo la;
Wò lɔlɔ̃ vivi,
Wòe fa ‘kɔ nam.
Manɔ gbɔgblɔm ɖaa be:
Mawu nye lɔlɔ̃,
Mawu nye lɔlɔ̃,
Elɔ̃ nye hã.
9
Wòe yɔa luʋɔ taŋ
Kpakple dzifafa.
Wòe yɔa nye dzi me
Kpakple dzidzɔ.
Manɔ gbɔgblɔm ɖaa be:
Mawu nye lɔlɔ̃,
Mawu nye lɔlɔ̃,
Elɔ̃ nye hã.
10
Wò, lɔlɔ̃ mavɔ,
Maɖo ŋku dziwò,
‘Ye makafu wò
Gbe sia gbe ɖaa.
Manɔ gbɔgblɔm ɖaa be:
Mawu nye lɔlɔ̃,
Mawu nye lɔlɔ̃,
Elɔ̃ nye hã.
http://play.google.com/store/apps/details?id=
Повторяем попытку...
Доступные форматы для скачивания:
Скачать видео
-
Информация по загрузке: