Hymne 23 - Haleluya Kafukafu
Автор: Nyuiadzi ZIKPI
Загружено: 2026-02-10
Просмотров: 50
Описание:
Hymne 23
Ps.146
8.7.8.7.7.7
Emil Funke d.g. 1912.
1
Haleluya Kafukafu
Mana Mawu kple dzidzɔ
Matsɔ saŋku akafui ɖaa,
Mado eƒe ŋkɔ ɖe dzi
Zi ale si me l’a-gbe,
Mada ‘kpe nɛ, makafui!
2
Dziŋgɔli kple xexe sia me
Kpakple woƒ’a-tsyɔ̃ɖoɖo,
Nya ɖeka ko Mawu gãgblɔ,
Tete wo katã va do.
Xexeame ƒe dziɖula
Wɔa ‘ƒe ŋugbedodo dzi.
3
Ame dahe kple hiãtɔ la
Xɔa kpekpeɖeŋu tso ‘gbɔ.
Enaa nuɖuɖu dɔwuitɔ,
Doa ŋusẽ ame ɖɔe hã.
Fukpela, siwo yɔe la,
Eɖea wo le lɔlɔ̃ ta.
4
Eʋu ŋku na ŋkuagbãtɔ hã,
Mía 'ƒetɔ lɔlɔ̃tɔ la,
Be kekeli, si tso dziƒo,
Naɖe ‘kɔfafa fia wo.
Kpɔ ale si Mawu gã
Lɔ̃a amegbetɔ vavãe!
5
Mawu gã sia nye mía ‘ƒetɔ
Kple mía dziɖula tegbe.
Ha kɔkɔe, de ta agu na
Wò ɖela kple fia gã sia!
Haleluya, mikafui!
Mía ‘ƒetɔ la gogo mí!
http://play.google.com/store/apps/details?id=
Повторяем попытку...
Доступные форматы для скачивания:
Скачать видео
-
Информация по загрузке: